Revelation of John 11

Dasefo eveawo

1Wotsɔ aƒla si le abe nudzidzenu ene la nam eye wogblɔ nam be, “Yi, nàdzidze Mawu ƒe gbedoxɔ la kple vɔsamlekpui la eye nàxlẽ mawusubɔ la siwo le afi ma. 2Ke ɖe xɔxɔnu gotatɔ le eme mègadzidzee o, elabena wotsɔe na Helatɔwo. Woanya avuzi le du kɔkɔe la dzi ɣleti blaene-vɔ-ene sɔŋ, 3mana ŋusẽ nye ɖasefo eveawo eye woata akpanya agblɔ nya ɖi hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade.” 4Esiawoe nye amiti eve kple akaɖiti eve siwo le tsitre ɖe anyigba la ƒe Aƒetɔ la ŋkume. 5Ne ame aɖe dze agbagba be yeawɔ nuvevi wo la, dzo dona le woƒe nume hefiaa woƒe futɔwo. Aleae ame si di be yeawɔ nuvevi wo la akui. 6Ŋutsu siawo la, ŋusẽ le wo si be woatu dziŋgɔlĩ ale be tsi magadza le ɣeyiɣi si me wole nya gblɔm ɖi o, ŋusẽ le wo si be woatrɔ tsiwo woazu ʋu eye woada dɔvɔ̃ ƒomevi vovovowo ɖe anyigba dzi zigbɔzi ale si wolɔ̃.

7Azɔ ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu la, lã si ado tso ʋe globo la me la, ava wɔ avu kpli wo, aɖu wo dzi eye wòawu wo. 8Woƒe ŋutilã kukuawo amlɔ du gã la ƒe mɔtatawo dzi, du gã si wona ŋkɔe le nyamenya nu be Sodom kple Egipte, afi si woklã woƒe Aƒetɔ ɖe ati ŋu le. 9Hena ŋkeke etɔ̃ kple afã la, amewo tso ƒome ɖe sia ɖe, to ɖe sia ɖe, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me akpɔ woƒe ŋutilã kukuawo, eye woagbe be yewomaɖi wo o. 10Anyigbadzinɔlawo akpɔ dziɖuɖudzidzɔ ɖe wo dzi eye woaɖu azã, aɖo nunanawo ɖe wo nɔewo elabena nyagblɔɖila eve siawo wɔ funyafunya anyigbadzinɔlawo.

11Ke le ŋkeke etɔ̃ kple afã la megbe la, agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe ame kukuawo me, wotsi tsitre eye ŋɔdzi gã aɖe lé ame siwo kpɔ wo. 12Tete wose gbe gã aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Va dzime le afii.” Ale woyi dziƒo le alilĩkpowo me esi woƒe futɔwo flɔ ŋku ɖe wo dzi.

13Le gaƒoƒo ma ke me la, anyigba Ʋuʋu ŋɔdzitɔe eye du la ƒe mama ewolia dometɔ ɖeka mu dze anyi; ame akpe adre tsrɔ̃ le anyigbaʋuʋu la me. Ke ŋɔdzi lé agbetsilawo eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na dziƒo Mawu la. 14Babaadodo evelia nu va yi ke etɔ̃lia gbɔna kpuie.

Kpẽ adrelia kuku

15Mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ eye gbe sesẽ aɖewo ɖi le dziƒonutowo me bena, “Xexeame ƒe fiaɖuƒe la zu míaƒe Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒe, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.”

16Eye amegaxoxo blaeve-vɔ-eneawo, ame siwo nɔ woƒe fiazikpuiwo dzi le Mawu ŋkume la tsyɔ mo anyi eye wosubɔ Mawu, 17le gbɔgblɔm bena, “O Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, míeda akpe na wò, wò ame si li fifia eye nènɔ anyi kpɔ elabena exɔ wò ŋusẽ triakɔ la eye nèdze dziɖuɖu gɔme. 18Dukɔwo le nyanyram eye wò dziku ɖiɖi va. Ɣeyiɣi de be woadrɔ̃ ʋɔnu kukuawo eye woatu fe na wò dɔla, nyagblɔɖilawo, wò amekɔkɔeawo kple ame siwo dea bubu wò ŋku ŋuti, ame gblɔewo kple ame gãwo siaa. Nenema ke míeda akpe na wò be nètsrɔ̃ ame siwo tsrɔ̃ anyigba la.”

19Emegbe woʋu Mawu ƒe gbedoxɔ le dziƒo eye wokpɔ Mawu ƒe nubablaɖaka le eƒe gbedoxɔ me. Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge, anyigba ʋuʋu eye kpetsi gã aɖe dza.

Copyright information for EweBEE